2 Corinthians 9

Kpekpeɖeŋunana haxɔsetɔwo

1Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be miadzɔ nu na nɔvi siwo le Yerusalem la ŋu o. 2Elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodzea nudzɔdzɔ gɔme. 3Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nudzɔdzɔawo vavã, elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o. 4Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.

Nunana tso dzi vavã me

5Esia tae mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzime eye menye tso dzizizi me o. 6Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku wòsɔ gbɔ la axa nuku fũu le nuxaɣi. 7Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o. Elabena Mawu kpɔa dzidzɔ geɖe le ame siwo naa nu kple dzi faa la ŋu. 8Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be, ne miewɔ wo ŋutidɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo hã. 9Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me bena, “Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi keke didiƒewo ke, eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.”

10Ke Mawu ame si naa nuku agbledela wòƒãna eye emegbe la wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la, ana nuku geɖewo mi be miaƒã eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã.

11Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣesiaɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta. 12Ale miakpɔe be nu evee do go tso miaƒe lɔlɔ̃nunana si nam miele la me; woawoe nye be ame siwo hiãm nu le la kpɔ nu siwo le wo hiãm la eye woatsɔ akpedada blibo na Fofo la. 13Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le ale si wòto Kristo dzi wɔ mi miezu ame yeyewo eye Kristo ɖeɖe ko le miaƒe dzime la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã. 14Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie ada akpe gã aɖe na Fofo la le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta.

15Akpedada kple kafukafu woatsɔ ana Mawu le Via si nye nunana vavãtɔ la ta.

Copyright information for EweBEE